Gblɔ Na Wo Be Melɔ̃ Wo
Mesusui be nu si le vevie na amegbetɔƒome la enye be, wòanya lɔlɔ̃ si Mawu ɖo nɛ tɔxɛ. Esia enye gɔmesese nyuitɔ ɖoɖo na kadede menɔnɔ kple Mawu hena dziɖuɖu na xɔse ƒe agbenɔnɔ na kristotɔ. Menye ŋutilã ƒe gɔmesese na Mawu ƒe lɔlɔ̃ lae hiã na mí o. Boŋ kadede me nɔnɔ nyuie kple Mawu tso dzime lae hiã. Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖeka koe ate ŋu ana, eya ŋutɔe le ewɔ ge le esi me míele ŋugblẽ dem le eƒe lɔlɔ̃ la ŋuti me, le dzesidede Mawu ƒe lɔlɔ̃ le míaƒe agbenɔnɔwo me la, nàdi kedede menɔnɔ le numekuku me to Mawunya ŋɔŋlɔ kple gbedodoɖawo me.